Ezekiel 13:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale maɖe nye dziku helĩhelĩ ɖe gli la kple ame siwo si akalo nɛ la ŋu. Magblɔ na mi be, “Gli la megali o, eya ta ame siwo si akalo nɛ la hã maganɔ anyi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Matrɔ nye dziku blibo la aƒo ɖe gli la kple amesiwo si akalo nɛ la dzi ahagblɔ na mi be: Glia nu yi, eye amesiwo si akalo nɛ la nu yi,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aleae maɖe nye dziku ɖe gli la kple ame siwo si akalo nɛ la ŋui. Magblɔ na mi be gli la kple ame siwo si akalo la nɛ siaa megali o.