Ezekiel 13:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Israel ƒe nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi le Yerusalem la, kpɔ ŋutifafa ƒe ŋutega, le esime ŋutifafa aɖeke menɔ anyi o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” ’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
woawo nye Israel ƒe nyagblɔɖilawo, amesiwo gblɔ nya ɖi ɖe Yerusalem ŋu, eye wokpɔ ŋutifafa ŋutega nɛ, evɔ wònye ŋutifafa meli o hafi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Israel ƒe gbeƒãɖelawo ɖe gbeƒã ɖe Yerusalem ŋu, eye wokpɔ ŋutifafaŋutega tso eŋu, esime ŋutifafa meli o hafi.’ ” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.