Ezekiel 13:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Azɔ, ame vi, trɔ wò mo ɖe wò amewo ƒe vinyɔnuvi siwo gblɔ nya ɖi le woawo ŋutɔ ƒe susu nu la ŋu. Gblɔ nya ɖi tsi tsitre ɖe wo ŋu,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wò amevi, trɔ ŋgɔ dze wò dukɔ ƒe nyɔnuvi, siwo le nya gblɔm ɖi tso woawo ŋutɔ ƒe dzi me, eye nagblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Azɔ, wò amegbetɔ vi, trɔ mo ɖe wò dukɔ me nyɔnuviwo ŋu, ame siwo ɖea gbeƒã woawo ŋutɔ ƒe susuwo la ŋu.