Ezekiel 13:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
nàgblɔ be nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Baba na nyɔnu siwo doa dzokawo ɖe woƒe alɔnuwo katã, eye wowɔa motsyɔnu didime vovovowo ɖe ta, ale be woatre mɔ na amewo. Ɖe miatre mɔ na nye amewo ƒe agbe, ke miaɖe miawo ŋutɔ tɔa?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Baba na amesiwo saa dzoka ɖe alɔnuwo katã, eye wowɔa tatsyɔnu ɖe tawo katã, ɖeviwo kple tsitsiawo tɔ ŋu, ne woatsɔ alé luʋɔwoe; wòlé nye dukɔ ƒe luʋɔ, be woawo ŋutɔ ƒe luʋɔ natsi agbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gblɔ na wo be, Aƒetɔ Mawu be: Baba na ame siwo saa dzoka ɖe woƒe alɔnu, eye wotsyɔ nu ta kple ŋkume na ɖeviwo kple tsitsiawo be yewoatsɔ lé luʋɔwoe! Ɖe mialé nye dukɔmeviwo ƒe luʋɔ, be luʋɔ bubuwo natsi agbe ne miakpɔ viɖea?