Ezekiel 13:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Miegblɔ nya vlowo ɖe ŋunye le nye amewo dome ɖe lu asiʋlo ʋɛ aɖewo kple abolo kakɛwo ta. To miaƒe aʋatsokaka na nye ame siwo ɖoa to miaƒe alakpanyawo me la, miewu ame siwo maku hafi o, eye mieɖe ame siwo matsi agbe hafi o la ƒe agbe.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mieɖo gum le nye dukɔ la ŋku me le lu asiʋlo ɖeka kple abolo alɔgomedede ɖeka ta, be miawu luʋɔ, siwo medze ku o, eye miaxɔ luʋɔ, siwo dze ku la, ɖe agbe, esime mieka aʋatso na nye dukɔ, si lɔ̃a aʋatsonya sese la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miegblẽ kɔ ɖo nam le nye dukɔ la ŋkume le lu asiʋlo ɖeka kple abolo kakɛ ta. Miewu ame siwo medze na ku o, eye miegblẽ esiwo dze na ku la ɖi to alakpa si mieda na nye dukɔ, si ɖoa to alakpanya la me.”