Ezekiel 13:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woƒe ŋutegawo nye aʋatso, eye woƒe nukakawo nye alakpa; wogblɔna be, “Yehowae gblɔe,” le esime Yehowa medɔ wo o, ke wokpɔa mɔ be, yewoƒe nyawo nava eme.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nu dzodzroa kpɔm wole, eye alakpanya gblɔm wole ɖi; wo, amesiwo le gbɔgblɔm be: „Yehowa ƒe gbe enye si,“ evɔ wònye Yehowa medɔ wo o hafi, eye wole mɔ kpɔm be, nya la ava me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woƒe gbeƒãɖeɖe mele eteƒe o, eye nu si wokpɔ la nye alakpa. Wobe: ‘Aƒetɔ be’; evɔ Aƒetɔ medɔ wo hafi o, eye wole mɔkpɔkpɔ me be awɔ yewoƒe nya dzi.