Ezekiel 13:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Makɔ nye asi dzi ɖe nyagblɔɖila siwo kpɔa alakpaŋutegawo ŋu, eye womanɔ nye amewo ƒe aɖaŋudelawo dome o. Wokaa aʋatsonukakawo, womaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe Israel ƒe aƒemetɔwo dome o, eye womage ɖe Israel ƒe anyigba dzi hã o. Ekema mianya be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nye asi ava nyagblɔɖila, siwo kpɔa nu dzodzroa, eye wogblɔa alakpanya ɖi la dzi: womanɔ nye dukɔ ƒe ha me o, womaŋlɔ wo ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe agbalẽ me o, eye womade Israel-nyigba dzi o, ne wòadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nye asi atso ɖe gbeƒãɖela siwo flua ame, eye woƒe nukpɔkpɔ nye alakpa la ŋu. Womanɔ nye dukɔ ƒe adaŋudeha me loo, alo woaŋlɔ wo ŋkɔ ɖe Israel-dukɔ ƒe ŋkɔgbalẽ me loo, alo ade Israel-nyigba dzi o; ne woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Mawu.