Ezekiel 14:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema Israelviwo magatra mɔ tso gbɔnye o, eye womagagblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo kple woƒe nu vɔ̃wo katã o. Woanye nye amewo eye nye hã manye woƒe Mawu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ne Israel ƒe aƒe la magatra le ŋunye, eye woatsɔ woƒe dzidadawo katã agblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui azɔ o, ke boŋ woanye nye dukɔ, eye manye woƒe Mawu, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale be Israel-dukɔ magatra mɔ tso gbɔnye loo, alo agblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui kple woƒe dzidadawo azɔ o; bene woanye nye dukɔ, eye manye woƒe Mawu.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.