Ezekiel 14:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, yeta ye ŋutɔ yeƒe agbe be, ne Noa, Daniel kple Hiob anɔ anyigba la dzi gɔ̃ hã la, womate ŋu aɖe wo viŋutsuwo alo wo vinyɔnuwo o. Woawo ŋutɔ ɖokui ko woate ŋu aɖe kple woƒe dzɔdzɔenyenye.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye Noa, Daniel kple Hiob le edzi la. Aƒetɔ Yehowa be: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Womaɖe ŋutsuvi alo nyɔnuvia ɖeke o, negbe woawo ŋutɔ ƒe agbe ko woaɖe le woƒe dzɔdzɔenyenye ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ne Noa, Daniɛl kple Hiob gɔ̃ hã nɔ eme la, nye Aƒetɔ Mawu mebe, zi ale si mele agbe la, womaɖe viŋutsu alo vinyɔnu o. Woawo ŋutɔ ƒe agbe ko woaɖe to woƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ me.”