Ezekiel 14:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne Israelvi aɖe li legbawo ɖe eƒe dzi me, tsɔ afɔklinu vɔ̃ɖi da ɖe eƒe ŋkume, eye wòyi nyagblɔɖila aɖe gbɔ la, nye, Yehowa, ŋutɔ maɖo nya la ŋu nɛ le eya ŋutɔ ƒe legbawo ƒe agbɔsɔsɔ nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata ƒo nu kpli wo nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ne Israel ƒe aƒe la ƒe ŋutsua ɖe lé eƒe legba ɖe dzi me, eye wòtsɔ eƒe vodada ƒe nukikli ɖo ŋku me heva nyagblɔɖila gbɔ la, nye Yehowa ŋutɔ maɖo eŋu ne, evɔ wònye eƒe legbawo sɔ gbɔ hafi;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta ƒo nu kpli wo nàgblɔ na wo be, Aƒetɔ Mawu be: Ŋutsu sia ŋutsu si tso Israel-dukɔ la me, si lé eƒe legba ɖe dzime, eye eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ nye nukikli le eŋkume, hafi va Mawu ƒe gbeƒãɖela gbɔ la, nye Aƒetɔ ŋutɔe aɖo nya ŋu nɛ; le eƒe legbawo ƒe agbɔsɔsɔ ta.