Ezekiel 14:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi; mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe legbawo ŋu, eye miagbe nu le miaƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ gbɔ!’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mitrɔ, mitrɔ tso miaƒe legbawo yome, eye miɖe kɔ ɖa le miaƒe ŋunyɔnuwo katã ŋu!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta gblɔ na Israel-dukɔ la be, Aƒetɔ Mawu be: “Mitrɔ dzime, mitrɔ le miaƒe legbawo yome, eye miɖe kɔ ɖa le miaƒe ŋunyɔnuwo katã ŋu.