Ezekiel 14:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Eye ne woflu nyagblɔɖila la be wòagblɔ nya ɖi la, nye Yehowae aflu nyagblɔɖila ma, makɔ nye asi dzi ɖe eŋu, eye matsrɔ̃e le nye amewo dome le Israel.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne woflu nyagblɔɖila ɖe wòƒo nu la, nye Yehowa ye flu nyagblɔɖila ma, eye mado nye asi ɖa ɖe eŋu ahatsrɔ̃e ɖa le nye dukɔ Israel dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ne gbeƒãɖela aɖe kpɔ kpɔfuflu, eye wògblɔ nya aɖe la, nye Aƒetɔ ye flu gbeƒãɖela ma. Mado nye asi ɖe egbɔ, eye matsrɔ̃e ɖa le nye dukɔ Israel dome.