Ezekiel 15:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mana nye mo nanyra ɖe wo ŋu. Togbɔ be wodo le dzoa me hã la, dzo la agabi wo kokoko. Eye ne mena nye mo nyra ɖe wo ŋu hã la, mianya be, nyee nye Yehowa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Matrɔ nye mo ɖe wo ŋu: dzo nu wòsi le, dzo ke afiã wo, eye miadze sii be, nyee nye Yehowa, nenye be, metrɔ nye mo ɖe wo ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Makpe akɔ kpli wo. Nenye be wosí le dzo nu hã, dzo afiã wo, eye miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ, ne mekpe akɔ kpli wo.