Ezekiel 16:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eye nàgblɔ nɛ be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Yerusalem nye si; ‘Wò dzɔtsoƒe kple wò dzidzi nɔ Kanaantɔwo ƒe anyigba dzi. Mia fofo nye Amoritɔ, eye mia dada nye Hititɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Yerusalem enye si: Wò dzɔƒe kple dziwòƒe enye Kanaan-nyigba; Amoritɔe nye fofowò, eye Xititɔe nye dawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gblɔ na Yerusalem be, Aƒetɔ Mawu be: Wò dzɔƒe kple afi si wodzi wò le lae nye Kanaantɔwo ƒe anyigba. Tɔ́wò nye Amoritɔ, eye nɔwò nye Xititɔ.