Ezekiel 16:55 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eye nɔviwò nyɔnuwo, Sodom kple via nyɔnuwo kple Samaria kple via nyɔnuwo woagatrɔ azu nu siwo wonye tsã, eye wò kple viwòwo hã miagatrɔ azu nu siwo mienye kpɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nɔviwònyɔnu Sodom kple vianyɔnuwo agaɖo woƒe nɔnɔme tsãtɔ me, Samaria kple vianyɔnuwo agaɖo woƒe nɔnɔme tsãtɔ me, eye mia kple viwònyɔnuwo miagaɖo miaƒe nɔnɔme tsãtɔ me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le nɔviwò nyɔnuwo Sodom kple via nyɔnuwo gome la, woagaɖo woƒe nɔnɔme tsãtɔ me, eye Samaria kple via nyɔnuwo hã woagaɖo woƒe nɔnɔme tsãtɔ me. Nenema ke wò kple viwò nyɔnuviwo hã miagaɖo miaƒe nɔnɔme tsãtɔ me.