Ezekiel 16:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Emegbe la, metso eme va yi, eye esi mekpɔ be ètsi na srɔ̃ɖeɖe la, mekeke nye awu to ɖe dziwò, eye metsyɔ nu wò amama. Meka atam na wò, mebla nu kpli wò, eye nèzu tɔnye. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete meva to ŋuwò yi, eye mekpɔ be, wò srɔ̃ɖeɣi ɖo; mekeke nye aʋala ɖe dziwò, eye metsyɔ nu wò ama, meka atam na wò, eye mebia nu kpli wò nèzu tɔnye; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Esi megava to ŋuwò yi helé ŋku ɖe ŋuwò la, kpɔ ɖa, wò srɔ̃ɖeɣi ɖo. Metsɔ nye awu tsyɔ na wò, eye metsyɔ nu wò ama. Ẽ, medo ŋugbe na wò, mebla nu kpli wò, eye nèzu tɔnye. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.