Ezekiel 17:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Zi ale si mele agbe la, mana nye atam si wòdo vloe kple nye nubabla si wòtu la nava eƒe ta dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne nyemahe nye atam, si wòdo vlo, kple nye nubabla, si wòtu la, ava eƒe ta dzi o fi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: Zi ale si mele agbe la, nye atam si wòdo vloe kple nye nubabla si wòtu ta la, maɖo eteƒe nɛ.