Ezekiel 17:22 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. ‘Nye ŋutɔ maŋe sedati aɖe ƒe ɖɔme tso etame ke, eye madoe. Maŋe eƒe ɖɔme ado, eye madoe ɖe to kɔkɔ aɖe dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nyea matsɔ sederti kɔkɔ ƒe ɖɔmee aɖado; wo tametɔwo ƒe alɔ fẽa ɖe maŋe aɖado ɖe to kɔkɔ gãa ɖe dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ Mawu be: “Nye ŋutɔ maŋe sederti kɔkɔtɔ ƒe ɖɔme aɖado. Eƒe ɖɔmeɖɔme fɛ̃ kekeake ƒe alɔ maŋe, eye nye ŋutɔ matsɔe aɖado ɖe to kɔkɔ aɖe dzi.