Ezekiel 17:23 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Israel ƒe to kɔkɔwo dzie madoe ɖo; aɖe alɔwo, atse ku, eye wòazu sedati nyui aɖe. Xevi ɖe sia ɖe ƒomevi awɔ atɔ ɖe eme. Woakpɔ sitsoƒe le eƒe alɔwo ƒe vɔvɔli te.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Israel ƒe to kɔkɔ dzi madoe ɖo, adze alɔ, atse ku, eye woazu sederti nyuia ɖe, eye xevi ƒomevi vovovowo katã anɔ ete, eƒe alɔwo ƒe vɔvɔli te woanɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Israel ƒe to kɔkɔtɔ dzie madoe ɖo, ne wòaɖe alɔ, eye wòatse ku, azu sederti vavã. Gbemelã vovovowo anɔ ete, eye xevi vovovowo awɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo ƒe vɔvɔli me.