Ezekiel 17:24 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gbemetiwo katã anya be nye Yehowae bɔbɔ ati kɔkɔ la ɖe anyi, eye mena ati kpui la tsi hekɔ. Mena ati mumu la ku, eye ati kuku la dze.’ “Nye Aƒetɔ Yehowae ƒo nu, eye mawɔe ade goe.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye gbemetiwo katã adze sii be, nye Yehowa ye bɔbɔ ati kɔkɔ la ɖe anyi, eye mekɔ ati tehee la ɖe dzi; nyee na ati mumu la ku, eye ati kuku la dze, nye Yehowa ye ƒo nu, eye mewɔe hã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ati siwo katã le gbe me la adze sii be nye Aƒetɔ ye bɔbɔa ati kɔkɔwo ɖe anyi, eye menana be ati siwo le kpuie la kɔna. Menana be ati mumu kuna, eye ati kuku dzena. Nye Aƒetɔ ye ƒo nu, eye mawɔe.”