Ezekiel 17:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ati la dze, eye wòzu wainti kpehe aɖe si ƒe alɔwo vu. Eƒe alɔwo trɔ ɖo ɖe egbɔ, ke eƒe kewo ya nɔ ete. Ale wòzu wainti toalɔwo, eye aŋugbawo vu ɖe eŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wòdze hezu weinka, si vu dranyi, eƒe zekpẽ mekɔ o, ne eƒe alɔwo nadzɔ ɖe eyama ŋu, eye eƒe kewo natsi ete. Ale wòzu weinka, eye wòɖe ka hevu alɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye wòdzè hezu wainka si vu ɖe anyi me. Eƒe alɔwo trɔ ɖe eyama gbɔ lɔƒo, eye eƒe kewo tsi ete. Ale wòzu wainka si to alɔwo kple aŋgbawo.