Ezekiel 17:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ke hɔ̃ gã bubu aɖe li, si ŋu aʋala sesẽ nɔ, eye wòto fu kpoyo. Wainka la trɔ eƒe kewo ɖo ɖe egbɔ tso afi si wodoe ɖo, eye wòkeke eƒe aʋalawo hena tsii.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye hɔ̃ gã bubua ɖe li, eƒe aʋalawo lolo, eye wòto fu kpoyoo; eye kpɔ ɖa, weinka ma bi eƒe kewo ɖe eŋu, eye wòdidi eƒe alɔwo ɖe egbɔ tso kpo, si dzi wodoe ɖo la dzi, ne wòana tsii wòano,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke hɔ̃ gã bubu si ƒe aʋalawo keke, eye fu geɖe le eŋu la hã li. Kpɔ ɖa, wainka sia ƒe kewo bi ɖo ɖe egbɔ, eye alɔwo to ɖo ɖe egbɔ be wòade tsii. Tso kpo si dzi wodoe ɖo la,