Ezekiel 18:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Edoa ga, xɔa deme ɖe edzi, eye wòbaa ame. Ame sia tɔgbi anɔ agbea? Manɔ agbe o. Esi wòwɔ ŋunyɔnu siawo katã ta la, woawui godoo, eye eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eɖia kasa le agbanadodo me, eye wòxɔa deme la, ɖe wòanɔ agbea? Manɔ agbe o, ke boŋ esi wòwɔa ŋunyɔnu siawo katã ŋuti la, eyata aku, eye eƒe ʋu ava edzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ne edoa ga be yeakpɔ viɖe, eye wòxɔa deme la; ekema ɖe eyama anɔ agbea? Manɔ agbe o. Ame awɔ ŋunyɔnu siawo katã gbegbe anɔ agbea? Aku godoo. Eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi.”