Ezekiel 18:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eɖea eƒe asi ɖa le nu vɔ̃ wɔwɔ me, eye mexɔa deme alo baa ame o. Ewɔa nye sewo dzi, eye wòzɔna ɖe nye ɖoɖowo nu. Maku ɖe fofoa ƒe nu vɔ̃wo ta o; anɔ agbe godoo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eɖea eƒe asi ɖa tso nu gbegblẽ wɔwɔ me, meɖia kasa o, eye mexɔa deme o, ewɔa nye sewo dzi, eye wòzɔna ɖe nye ɖoɖowo nu la, eya maku le fofoa ƒe vodadawo ta o, ke boŋ anɔ agbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
etea asi ɖa tso nuvɔ̃ɖi wɔwɔ gbɔ, medoa ga be yeakpɔ viɖe alo axɔ deme o; ezɔna ɖe nye ɖoɖowo nu, eye wòwɔa nye sewo dzi la, eyama maku ɖe tɔ́a ƒe nuvɔ̃ ta o; anɔ agbe godoo.