Ezekiel 18:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ke miebia be, ‘Nu ka ta viŋutsu maxɔ fofoa ƒe nu vɔ̃ ƒe akpa aɖe o?’ Esi viŋutsu la wɔ nu si le dzɔdzɔe, henyo, eye wòkpɔ egbɔ be yelé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi ta la, anɔ agbe godoo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miawo miele gbɔgblɔm be: Nukaŋuti fofo ƒe vodada manɔ via dzi ɖo o hã? Ne via wɔa nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe, eye wòléa nye ɖoɖowo katã me ɖe asi hewɔa wo dzi la, anɔ agbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Gake miawo ya miebe: ‘Nu ka tae vi makpe fu ɖe tɔ́a ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta o?’ Ne ɖevia wɔ nu si le dzɔdzɔe ɖe se nu, eye wòlé eɖokui helé nye ɖoɖowo me ɖe asi la, anɔ agbe godoo.