Ezekiel 18:24 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ke ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔ nu vɔ̃ kple ŋukpenanu siwo ame vɔ̃ɖiwo wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womagaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi o. Le nuteƒe si mewɔ o kple nu vɔ̃ siwo wòwɔ ta la, aku.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔa nu gbegblẽ, eye wòwɔa ŋunyɔnu, siwo katã ame vɔ̃ɖi wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womagaɖo ŋu nu dzɔdzɔe, siwo katã wòwɔ la o, le eƒe go, si wòdze, kple eƒe nuvɔ̃, siwo wòwɔ la ta; woawo ta wòaku ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gake ne nu dzɔdzɔe wɔla dzudzɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ, eye wòwɔ nuvɔ̃ɖi, eye wòwɔa ŋunyɔnu mawo ƒomevi ke ame vɔ̃ɖi wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womagaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo katã wòwɔ va yi la ƒe ɖeke dzi o. Elabe esi wòwɔ alakpanu, ɖi fɔ, hewɔ nuvɔ̃ ta la, ɖeko wòaku.”