Ezekiel 18:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Metea ame aɖeke ɖe to o. Ke egbugbɔa awɔbanu si wòxɔ ɖe fe nu la na nutɔ. Medaa adzo ame o, ke boŋ enaa eƒe nuɖuɖu dɔwuitɔ, eye wònaa nutata amamanɔla.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
mebaa ame o, egbugbɔa awɔbanu, si wòxɔ ɖe eƒe fe nu la nana, eye meɖua sesẽnu o, enaa eƒe abolo dɔwuitɔwo, eye wòtaa avɔ na amesiwo tsi ƒeƒle,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ne metea ame ɖe to o, ke etrɔa nu si wòxɔ awɔbae la ɖoa eteƒe ɖe ɣeyiɣi dzi; ne medaa adzo o, ne enaa nu dɔwuitɔ wòɖuna, eye ne ame aɖe le amama la, wònaa avɔe wòtana;