Ezekiel 19:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Dzo bi, kaka tso eƒe alɔ gã ɖeka me, eye wòbi eƒe tsetseawo. Alɔ sesẽ aɖeke megatsi eŋu woatsɔ akpa dziɖula ƒe fiatikplɔe o. Esia nye konyifaha, eye woawɔ eŋu dɔ abe konyifaha ene.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dzo do tso eƒe alɔwo ƒe zekpẽ me hefiã eƒe tsetsewo, eye alɔ gãa ɖeke megale eŋu ahanye dziɖula ƒe fiatikplɔ o. Konyifaha wònye, eye wòzu konyifaha.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dzo bii tso eƒe lobome. Efiã alɔawo kple kutsetseawo ale be lobome sesẽ aɖeke meganɔ eŋu si anye dziɖula ƒe fiatikplɔ o. Esia nye konyifafa, eye wòzu konyifaha.