Ezekiel 20:41 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Maxɔ mi abe dzudzɔdodo ʋeʋĩwo ene ne meɖe mi tso dukɔwo dome, eye meƒo ƒu mi tso anyigba siwo dzi wokaka mi ɖo la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne mekplɔ mi tso dukɔwo dome la, maxɔ mi atuu abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene, maƒo mia nu ƒu tso anyigba, siwo dzi miekaka ɖo la dzi, eye makɔ ɖokuinye ŋu ɖe mia ŋuti le dukɔwo ŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Maxɔ mi abe dzudzɔ si le ʋeʋẽm lílilĩ la ene, nenye be mekplɔ mi do goe tso dukɔwo dome, eye meƒo mia nu ƒu tso anyigba siwo dzi miekaka ɖo la, eye maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le mia dome le dukɔwo ŋkume.