Ezekiel 20:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye nàgblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye gbe si gbe metia Israel la, mekɔ nye asi dzi, meka atam na Yakob ƒe aƒe ƒe dzidzimeviwo, eye meɖe ɖokuinye fia wo le Egipte. Mekɔ nye asi dzi hegblɔ na wo be, “Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbesigbe metia Israel, eye mekɔ nye asi dzi na Yakob ƒe aƒe ƒe ƒomea, mede ɖokuinye fía wo le Egipte-nyigba dzi, eye mekɔ nye asi dzi na wo hegblɔ bena: Nyee nye Yehowa, mia Mawu la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gblɔ na wo be, Aƒetɔ Mawu be: Gbe si gbe metia Israel la, meka atam na Yakob ƒe ƒome la, meɖe ɖokuinye fia wo le Egipte-nyigba dzi. Meka atam na wo be, nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu la.