Ezekiel 22:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le mewò la, ŋutsu aɖe wɔ ŋukpenanu kple nɔvia ŋutsu aɖe srɔ̃, ŋutsu bubu dɔ eya ŋutɔ via ŋutsu srɔ̃ gbɔ, eye bubu dɔ eya ŋutɔ nɔvia nyɔnu gbɔ, ame si nye eya ŋutɔ fofovia nyɔnu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amesiame wɔa ŋunyɔnu ɖe ehavi srɔ̃ ŋu, amesiame wɔa ŋukpenanu kple eƒe tɔyɔvinyɔnu hedoa gu eɖokui, eye amesiame dea asi nɔvianyɔnu, si nye fofoa ƒe vinyɔnu la ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame aɖewo wɔa ŋunyɔnu kple wo havi srɔ̃, ame bubu dea alɔkpli eya kple toyɔvia dome, eye ame bubu hã dea alɔkpli eya kple tɔ́via nyɔnu dome le mewò.