Ezekiel 22:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Èɖi fɔ le ʋu si nèkɔ ɖi ta, eye nègblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò le aklamakpakpɛ siwo nèwɔ la ta. Èhe nuwuwu na wò ŋkekewo vɛ, eye wò ƒewo ƒe nuwuwu va ɖo. Eya ta mawɔ wò nàzu fewuɖunu na dukɔwo kple alɔmeɖenu na anyigbawo katã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eda vo to wò ʋu, si nèkɔ ɖe anyi la me, eye nètso wò legba, siwo newɔ la, gblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò, ehe wò ŋkeke va aƒegbɔe, eye nèɖo wo ƒewo ƒe nuwuwu; eyata matsɔ wò awɔ vlodonu na dukɔwo kple alɔmeɖenu na anyigbawo katã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ʋu si nèkɔ ɖi ta la, èɖi fɔ, eye nègblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò to legba siwo nèlí la me. Nèna wò ŋkeke tsɔ kaba, eye wò ƒewo ƒe nuwuwu ɖo. Eya ta mena nèzu alɔmeɖenu na dukɔwo, eye nèɖi kokoe na anyigbawo katã.