Ezekiel 23:24 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woatsɔ aʋawɔnuwo ɖe ŋuwò ava tu wò kple tasiaɖamwo, kekewo kple ameha gã aɖe. Woanɔ axa ɖe sia ɖe dzi, atsi tsitre ɖe ŋuwò kple akpoxɔnu gãwo kple suewo kple gakukuwo. Matsɔ wò ade asi na wo hena tohehe, eye woahe to na wò le woƒe sewo nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woatsɔ tasiaɖam kple tasiaɖamfɔ geɖewo ava ƒo ɖe dziwò, woatsɔ akpoxɔnu gã kple via kpakple gakuku adze aʋa ɖe ŋuwò godoo, eye matsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ade asi na wo, ne woadrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe woƒe se nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woatso ɖe ŋuwò tso dzigbeme kple tasiaɖamwo, agbatsɔnuwo kpakple ame gbogbo aɖewo. Woaho ɖe ŋuwò to akpa sia akpa kple akpoxɔnu suetɔ kple gãtɔ kpakple gakuku. Matsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ade asi na wo, eye woadrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe woƒe sewo nu.