Ezekiel 24:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Azɔ la, wò nu makɔmakɔe nye ŋukpenanuwɔwɔ. Esi medze agbagba be makɔ ŋuwò, ke esi mèna be woakɔ ŋuwò le wò makɔmakɔnyenye me o ta la, màgakɔ azɔ o va se ɖe esime nye dɔmedzoe helĩhelĩ ɖe ŋuwò nu nabɔbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi meklɔ ŋuwò, ke wò nu makɔmakɔawo gbe ɖiɖi le ŋuwò le wò ŋukpenanuwɔwɔ makɔmakɔawo ta la, eyata ŋuwò maɖi akpa o, vaseɖe esime nye dziku nu nafa ɖe ŋuwò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eƒe ɣebia nye wò hadzedze ƒoɖi la. Anye ne maklɔ ŋuwò gake wò ɖiƒoƒo la gbe ɖiɖi. Nyemagaklɔ ŋuwò azɔ o, va se ɖe esime nye akɔ nafa, eye madzudzɔ dɔmedzoedodo ɖe ŋuwò.