Ezekiel 24:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Nye Yehowae ƒo nu. Ɣeyiɣi la ɖo be mawɔ edzi. Nyematɔ o, eye nyemakpɔ nublanui loo alo adzudzɔ nu si meɖo la wɔwɔ o. Woadrɔ̃ ʋɔnu wò le wò nɔnɔme kple wɔnawo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nye Yehowa ye ƒo nu, egbɔna, eye mawɔ edzi, nyemadzudzɔ o, nyemakpɔ ame ta o, eye nyemakpɔ nublanui o, ke boŋ woadrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe wò zɔzɔme kple wò nuwɔnawo nu, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nye Aƒetɔ lae gblɔe, eye ava eme hã. Mawɔe, nyemagbe ewɔwɔ o, nyemaɖe ame aɖeke le eme o, eye nyematrɔ susu o. Ale si nèzɔe kple nu siwo nèwɔ la nue madrɔ̃ ʋɔnu wò ɖo.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.