Ezekiel 24:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale meƒo nu na ameawo le ŋdi me, eye le fiẽ me la, srɔ̃nye ku. Esi ŋu ke ŋdi la, mewɔ nu si Yehowa ɖo nam be mawɔ la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi meƒo nu kple dukɔa le ŋdi la, srɔ̃nye ku le fiẽ, eye mewo le ŋdi, abe alesi woɖe se nam ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale meƒo nu na dukɔ la le ŋdi me, eye srɔ̃nye ku le fiẽ me. Esi ŋu ke la, mewɔ abe ale si woɖo nam la ene.”