Ezekiel 24:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Mele kɔ gblẽ ge ɖo na nye kɔkɔeƒe la, ŋusẽteƒe si dzi miedana ɖo, teƒe si doa dzidzɔ na miaƒe ŋkuwo kple teƒe si mielɔ̃. Viŋutsu kple vinyɔnu siwo miegble ɖi la atsi yinu
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, magblẽ kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe la, miaƒe sitsoƒe, si nye miaƒe aɖegbeƒonu, nusi vivia miaƒe ŋkuwo nu kple nusi nye miaƒe luʋɔwo ƒe didi; miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo, siwo miegblẽ ɖe megbe la, atsi yi nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
‘Gblɔ na Israel-dukɔ la be, Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, magblẽ kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe la, ŋusẽ si dzi miedàna ɖo, nu si nyoa miaƒe ŋkuwo ŋu, eye miaƒe luʋɔ dina la. Mia viŋutsu kple vinyɔnu siwo miegblẽ ɖe megbe la, woava wu wo kple yi.