Ezekiel 25:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Mado nye asi ɖa ɖe Edom ŋu, eye mawu eƒe amewo kple woƒe lãwo. Mana wòazu gbegbe, eye eƒe amewo atsi yi nu tso Teman va se ɖe Dedan.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mado nye asi ɖa ɖe Edom ŋu, eye matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo siaa ɖa le edzi, mana woazu gbegbe, eye woatsi yi nu, tso Teman vaseɖe Deɖan.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ Mawu be: Makɔ asi dzi ɖe Edom ŋu. Matsrɔ̃ amewo kple lãwo siaa, eye mana wòazu gbegbe. Woawu wo kple yi tso Teman va se ɖe Dedan.