Ezekiel 25:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mabia hlɔ̃ Edom to nye amewo, Israel ƒe asi dzi, eye woatu nu kple Edom le nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ nu. Woadze si nye hlɔ̃biabia.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Matsɔ nye hlɔ̃biabia Edom ade asi na nye dukɔ Israel, eye woawo Edom ɖe nye dɔmedzoe kple nye dziku nu, eye wòadze si nye hlɔ̃biabia, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Matsɔ Edom ade asi na nye dukɔ Israel be woabia hlɔ̃ wo nam. Woatu nu kple Edom ɖe ale si medo dziku kple dɔmedzoe ɖe wo ŋui la nu, eye woadze si nye hlɔ̃biabia.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.