Ezekiel 25:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gblɔ na wo be, ‘Mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, esi miegblɔ be, “Ahã” ɖe nye kɔkɔeƒe la ŋu le esime wodo gui, ɖe Israelnyigba ŋu esime wòzu gbegbe, eye ɖe Yuda ŋu esime woɖe aboyo eƒe amewo ta la,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gblɔ na Amon-viwo bena: Mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya! Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi miele ehẽ dom ɖe nye kɔkɔeƒe la ŋu be, wodo gui, ɖe Israel-nyigba ŋu be, ezu gbegbe, eye ele Yuda ƒe aƒe la ŋu be, eyi aboyo me ŋuti la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gblɔ na Amontɔwo be, mise Aƒetɔ Mawu ƒe nya. Aƒetɔ Mawu be: Miegblɔ ‘ehɛ̃’ ɖe nye kɔkɔeƒe la ŋu esime wogblẽ kɔ ɖo nɛ la, ɖe Israel-nyigba la ŋu esime wòzu gbegbe, eye ɖe Yuda ƒe aƒe la ŋu esime wokplɔe yi aboyo me la.