Ezekiel 25:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
mado nye asi ɖa ɖe mia ŋu, eye matsɔ mi ana dukɔwo abe nuhaha ene. Maɖe mi ɖa le dukɔwo dome, eye matsrɔ̃ mi le anyigbawo dzi. Matsrɔ̃ mi, eye mianya be nyee nye Yehowa.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eyata kpɔ ɖa, mado nye asi ɖa ɖe mia ŋu, eye matsɔ mi awɔ nuhaha na dukɔwo, matsrɔ̃ mi ɖa le dukɔwo dome, miabu le anyigbawo dzi gbidii, eye magblẽ mi, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eya ta kpɔ ɖa, mekɔ nye asi dzi ɖe mia ŋu, eye matsɔ mi ana dukɔwo woaha. Malã mi ɖa le dukɔwo dome, eye mana miatsrɔ̃ gbidii le anyigba dzi dukɔwo dome. Miavɔ ɖa keŋkeŋ. Ekema miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”