Ezekiel 26:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eƒe sɔwo asɔ gbɔ ale gbegbe be woana ʋuʋudedi natsyɔ dziwò. Aʋawɔsɔwo, kekewo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ana wò gliwo naʋuʋu kpekpekpe, ne ege ɖe wò agbowo me abe ale si amewo gena ɖe du si ŋu gli gbã le la me ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eƒe sɔ gbogboawo ƒe ʋuʋudedi abla wò kɔtɔɔ, eye sɔdolawo, tasiaɖamfɔwo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ana be, wò gliwo nadzo kpekpekpe, ne ege de wò agbowo me, abe alesi wogena de du gbagbã me ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eƒe sɔwo asɔ gbɔ ale gbegbe be woƒe fufu si anɔ wo yome la agbã ɖe dziwò kɔtɔɔ. Wò gliwo aʋuʋu kpèkpekpe le sɔdolawo, tasiaɖamfɔwo, tasiaɖamwo ƒe afɔzi ta nenye be ege ɖe wò agbowo me abe ale si wogena ɖe du si ƒe gliwo gbã la me ene.