Ezekiel 26:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woaha wò kesinɔnuwo, alɔ wò adzɔnuwo, woamu wò gliwo, woagbã wò xɔ dzeaniwo, eye woalɔ wò kpewo, xɔtutuwo kple gli gbagbãwo akɔ ɖe atsiaƒu me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woaha wò kesinɔnuwo, eye woada adzo wò adzɔnuwo, woamũ wò gliwo, woagbã wò dzidzɔkpɔxɔwo, eye woalɔ wò kpewo, atiwo kple anyiglãgowo aƒu gbe ɖe atsiaƒu me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woaha wò kesinɔnuwo, eye woada adzo wò adzɔnuwo. Woagbã wò gliwo ƒu anyi, eye woagbã wò xɔ nyuiwo keŋkeŋ. Woalɔ kpeawo, atiawo kple gli gbagbã aɖakɔ ɖe atsiaƒu me.