Ezekiel 26:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Tiroe nye si. ‘Ɖe wò ƒuta maʋuʋu kpekpekpe le wò anyidzedze ƒe ɖiɖi ta, ne abixɔlawo le hũu ɖem, eye amewuwu le edzi yim le mewò oa?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe Tiro ŋu enye si: Ne amesiwo woda nui, le ŋeŋem, eye wowu amewo le mewo la, wò anyidzedze ƒe didi ana ƒukpowo nadzo kpekpekpe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ Mawu gblɔ na Tiro be: “Ɖe ƒutanyigbawo madzo nyànyanya ne wose wò anyidzedze, ne ame siwo xɔ abi le mewò le ŋeŋem, ne wova wu amewo le mewò oa?