Ezekiel 26:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema dziɖula siwo le ƒuta duwo me la aɖi le woƒe fiazikpuiwo dzi, eye woaɖe woƒe fiawuwo kple awu ŋɔŋɔewo ada ɖi. Vɔvɔ̃ aɖo wo, woanɔ anyigba, anɔ dzodzom nyanyanya ɣeawo katã ɣi, eye woƒe nu aku ɖe ŋuwò.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ƒuta amegãwo katã aɖi le woƒe fiazikpuiwo dzi ɖe anyi, woaɖe woƒe awu ʋlayawo ɖi, eye woaɖe woƒe avɔ ŋɔŋɔewo ɖi; ŋɔdzi anyẽ atsyɔ wo, woabɔbɔ nɔ anyigba, woanɔ dzodzom nyanyanya ɖaa, eye woƒe nu aku de ŋuwò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete ƒutamegãwo katã aɖi le woƒe fiazikpuiwo dzi. Woaɖe woƒe awuwo da ɖi, atra nudodo siwo to wolɔ̃ atsyiã tɔxɛwo ɖo hã da ɖi. Ne wole awu dom la, woanɔ ƒoƒom tititi. Woanɔ anyinɔƒe anɔ dzodzom ɣeawo katã ɣi nyànyanya. Wò nya awɔ nuku na wo.