Ezekiel 27:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ŋutsuwo tso Persia, Lidia kple Put nye asrafowo le wò aʋakɔ me. Woku woƒe akpoxɔnuwo kple kukuwo ɖe wò gliwo ŋu, eye woɖo atsyɔ̃ na wò.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amewo tso Persia, Lud kple Put nye aʋawɔlawo nɔ wò aʋakɔwo dome; wotsɔ akpoxɔnu kple gakuku ku nu ɖe mewò, woawoe ɖo atsyɔ na wò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Persia, Lud kple Put tɔwoe nye aʋawɔla siwo nɔa wò aʋakɔwo dome. Wotsɔa akpoxɔnuwo kple gakukuwo kua nu le mewò. Woawoe na nèxɔ ŋkɔ.