Ezekiel 27:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Asitsalawo tso Seba kple Raama tsa asi kpli wò le wò adzɔnuwo ta. Woɖɔli nu ʋeʋĩ nyuitɔ ɖe sia ɖe kple kpe xɔasiwo kple sika.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Asitsalawo tso Saba kple Ragma tsa asi kpli wò; wotsɔ atike nyuitɔ vovovowo, kpe xɔasi vovovowo kple sika ƒle wò adzɔnuwoe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Asitsalawo tso Saba kple Ragma tsa asi kpli wò. Wotsɔ atike nyuitɔ vovovowo, kpe xɔasiwo kple sika va ɖɔ li wò adzɔnuwoe.