Ezekiel 27:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Egiptetɔwo ƒe aklala si me wolɔ̃ nu ŋɔŋɔewo ɖo nye wò abala, eye wonye wo aflaga; wò agbadɔwoe nye avɔ blɔtɔ kple dzĩtɔ tso Elisa ƒuta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Egiptetɔwo ƒe aklala, si wolɔ̃ ŋɔŋɔe la, nye wò abala, ne wòanye aflaga na wò, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ tso Elisa-ƒukpowo dzi nye wò agbadɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wò abala nye aklala si tso Egipte. Wolɔ̃ nu ɖe eto atsyiãtɔe; aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ tso Elisa-ƒukpowo dzi, woawoe wɔ wò xɔnugbadɔ viwo.