Ezekiel 28:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ènɔ Eden, Mawu ƒe abɔ la me, kpe xɔasi ɖe sia ɖe ɖo atsyɔ̃ na wò, Kanelian, krisolit kple emerald, topaz, oniks kple yaspa, lapis lazuli, tɔkuɔs kple beril. Sikae wotsɔ ɖo to na wò, eye eya kee wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na wò le gbe si gbe wowɔ wò.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ena Mawu ƒe abɔ Eden me, eye wotsɔ kpe xɔasi vovovowo ɖo ŋuwò. Karneol, topas kple yaspis, krisolit, soham kple oniks, safir, ametist kple smaragd; sika wotsɔ ɖo to na wò, eyae wotso do atsiã na wò le gbesigbe wowɔ wò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ènɔ Eden, Mawu ƒe abɔ la me; kpe xɔasi ɖe sia ɖe nye wò atsyɔ̃ɖonu, karneol, topas kple yaspis, krisolit, soham kple oniks, safir, ametist kple smaragd; wotsɔ sika ɖo wò togawo keŋ, eye wotsɔe do atsyiã vovovowo ɖe ŋuwò. Wowɔ nu siawo le gbe si gbe wowɔ wò.