Ezekiel 28:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wò dzi de asi dada me le wò nyonyo ta, eye nègblẽ wò nunya le wò atsyɔ̃ ta. Ale metsɔ wò ƒu gbe ɖe anyigba. Mena nèzu nukpɔkpɔ le fiawo ŋkume
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wò dzi de asi dada me le wò nyonyo ta, ètsɔ wò nunya de aka le wò atsyɔ̃ ta; eyata matsɔ wò aƒu anyi, eye matsɔ wò ade asi na fiawo, ne woakpɔ wò ʋuu keke wòati wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dàdagbɔgbɔ va yɔ mewò le wò ɖekadzedze ta; èƒo ɖi wò nunya le ale si nènyakpɔnae ta. Mexlã wò ɖe anyi; mewɔ wò nèzu nukpɔkpɔ na fiawo, ne woakpɔ wò ʋuu wòati ŋku na wò.